Genesis 31:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ne egblɔ be lã ŋɔtaŋɔtawo nanye tɔnye la, ekema lã siwo wodzi la nɔa ŋɔtaŋɔta. Esi wòtrɔ ɖoɖo la hegblɔ be lã siwo me fli to nazu tɔnyewo la, fli nɔa lãawo katã ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne egblɔ bena: lã ŋɔtaŋɔtawo nanye wò fetu la, ekema lãha blibo la katã dzia vi ŋɔtaŋɔtawo sɔŋ, eye ne egagblɔ bena: lã, siwo me fli to, nanye wò fetu la, ekema lãha blibo la dzia vi, siwo me fli to la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mia tɔ́ gblɔ be: ‘Lã ŋɔtaŋɔtawo nanye wò fetu’ la, ekema lãha blibo la katã dzia vi ŋɔtaŋɔtawo sɔŋ. Ne egagblɔ be: ‘Lã siwo ƒe agbalẽ me fli to nanye wò fetu la, ekema lãha blibo la katã dzia vi siwo ƒe agbalẽ me fli to la.