Genesis 33:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yakob kple eƒe amewo yi ɖaɖo Sukɔt. Etu agbletaxɔ kple lãkpowo ɖe afi ma, eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot si gɔmee nye “Agbletaxɔwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yakob dze mɔ va Sukot, eye wòtu xɔ ɖe afima, ke ewɔ agbadɔ na eƒe lãhawo; eyata woyɔ afima bena Sukot.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yakob ɖo ta Sukot. Etso aƒe ɖe afi ma eye wòtu lãkpɔ na eƒe lãhawo hã ɖe afi ma. Eya tae wotsɔ ŋkɔ na afi ma be Sukot.