Genesis 34:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke etɔ̃agbe, esi abi la le wo vem, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Lewi, siwo nye Dina nɔviwò lã, wotsɔ woƒe yiwo dze du la dzi hewu ŋutsuwo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete le ŋkeke etɔ̃a gbe, esime abia nɔ wo vem vevie, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob viŋutsu eve, Simeon kple Levi, siwo nye Dina dadaviwo la, tsɔ yi, dze dua dzi hewu eme ŋutsuwo katã.