Genesis 34:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yakob viŋutsuawo gbɔ tso gbea dzi va se nyaa la, dzi ku wo vevie. Wodo dɔmedzoe helihelĩ be Sixem ɖi gbɔ Israel, elabe ede asi Yakob vinyɔnu ŋuti; elabe medze be wòawɔ nu ma ƒomevi kura o.