Genesis 34:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mina míaɖe srɔ̃ le mía nɔewo dome; mitsɔ miaƒe vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na mi miaɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mina miaɖe srɔ̃ ɖekae, mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí, eye miawo hã miatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne srɔ̃ɖeɖe nanɔ mía dome: Mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí míaɖe, eye míawo hã míatsɔ mía tɔwo na mi miaɖe.