Genesis 35:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wòle kudɔ ƒom, eye wòkpɔ bena, yele kuku ge la, ena ŋkɔe bena: Benoni; ke fofoa yɔe be Benyamin.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu té Raxel ŋu vɔ, eye wòkpɔ be yemele agbe tsi ge o. Ale wòna ŋkɔ ɖevia be Benoni Ke tɔ́a ya yɔe be Benyamin.