Genesis 35:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Debora, amesi na no Rebeka le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe Betel ƒe anyigbe ɖe logoti gãa ɖe te, eyata wona ŋkɔ afima bena „Konyifalogo“.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la, ku, eye woɖii ɖe logoti gã aɖe te le Betel ƒe anyigbeme. Ale wòna ŋkɔ afi ma be “Konyifalogoti.”