Genesis 36:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo nye Esau vi Reguel ƒe viŋutsuwo: Amegã Naxat, amegã Serax, amegã Sama kple amegã Misa. Woawo nye amegã, siwo dzɔ tso Reguel me le Edom-nyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basmat ƒe viwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esau vi Reguel ƒe dzidzimeviwoe nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. To siawo katã nye Esau srɔ̃ Basmat viwo.