Genesis 36:35 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Xusam ku la, Bedad vi Hadad ɖu fia ɖe eteƒe; eya nye amesi ɖu Midiantɔwo dzi le Moab ƒe gbadzaƒe, eye eƒe fiadu enye Awit.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Xusam ku la, Bedad viŋutsu, Hadad, ɖu fia ɖe eteƒe. Eya nye ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab-nyigba dzi, eye eƒe fiadue nye Avit.