Genesis 36:39 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Baal-Xanan, Axbor vi ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe; eƒe fiadu enye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔ enye Mehetabeel. Matred ƒe vinyɔnu kple Mesahab ƒe tɔgbuiyɔvi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Baal-Xanan, Axbor viŋutsu ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe. Eƒe fiadue nye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabeel, Matred vinyɔnu kple Mesahab tɔgbuiyɔvi.