Genesis 36:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Esau kplu srɔ̃awo, viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo kple eƒe kluvi, siwo katã le eƒe me, kple eƒe lãhawo kple eƒe dɔwɔlãwo katã kpe ɖe eƒe kesinɔnu, siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la ŋuti, eye woʋu le nɔvia Yakob gbɔ heyi ɖe Seir-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esau kplɔ srɔ̃awo, via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe kluvi siwo katã le eƒeme, eƒe lãhawo kple dɔwɔlãwo katã, eye wòƒo ƒu kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ yi Seir-nyigba dzi.