Genesis 38:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta Yuda gblɔ na toyɔvia, Tamar be megaɖe srɔ̃ azɔ le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ wòatrɔ ayi wo de le edzilawo gbɔ, eye wòanye ahosi va se ɖe esime ye vi suetɔ, Sela natsi ate ŋu aɖee. Ke Yuda meɖo le nyateƒe me be Sela naɖee o, gake egblɔ nenema, elabena evɔ̃ be Mawu ava wu eya hã abe ale si wòwu foa eveawo ene. Ale Tamar yi wo de le edzilawo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yuda gblɔ na lɔ̃xoa Tamar bena: Yi fofowò ƒe me, eye nanye ahosi, vaseɖe esime vinye Sela natsi. Elabena ele vɔvɔ̃m bena, eya hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Tete Tamar yi ɖanɔ fofoa ƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yuda gblɔ na toyɔvia Tamar be: “Trɔ yi tɔ́wò ƒeme, eye nànɔ anyi abe ahosi ene va se ɖe esime vinye Sela natsi.” Egblɔ esia elabe evɔ̃ be Sela hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Ale Tamar trɔ yi ɖale tɔ́a ƒeme.