Genesis 38:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eɖe eƒe ahovɔwo ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋku me, eye wòtsyɔ avɔ blukɔɔ heva bɔbɔ nɔ Enaim-gbo, si le Titmnat-mɔ dzi la nu; elabena ekpɔ be, Sela tsi, gake wometsɔ ye nɛ, be wòaɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale eɖe eƒe ahovɔ ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋkume, eye wòbla eɖokui bubui va bɔbɔ nɔ anyi ɖe Enaim-gbo nu, le Timnat-mɔ dzi. Tamar wɔ esia elabe ekpɔ be Sela tsi aɖe ye, gake wometsɔ ye nɛ be wòaɖe o.