Genesis 38:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòbiae bena: Nuka matsɔ aɖo awɔba na wò mahã? Eɖo ŋu be: Wò ŋkɔsigɛ, si nètsɔna ɖoa ŋkɔ nu dzi, kple eŋuti ka kpakple wò atikplɔ, si le asiwò la! Tete wotsɔ wo nɛ, eye wòmia egbɔ, eye wòfɔ lu nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yuda biae be: “Nu ka matsɔ ɖo awɔba na wò?” Eɖo eŋu be: “Wò ŋkɔsigɛ kple eŋuka kpakple atizɔti si le asiwò la.” Yuda tsɔ wo nɛ, eye wòmlɔ egbɔ, eye nyɔnua fɔ fu nɛ.