Genesis 38:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wokplɔe do goe la, edɔ ame ɖo ɖe toa gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu, si ƒe nu enye esiawo la, eyae ɖo fum. Eye wògblɔ bena: Lé ŋku ɖe eŋu nyuie be, ameka tɔ enye ŋkɔsigɛ la kple eŋuti ka kpakple alikplɔ la mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi wokplɔ Tamar yinae la, edɔ ame ɖe toa gbɔ be: “Ŋutsu si do fum la ƒe nuwoe nye esiawo. Taflatsɛ, lé ŋku ɖe ŋkɔsigɛa, eŋukaa kple atizɔti la ŋu nyuie be ame ka tɔwoe mahã.”