Genesis 38:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wògahe asi ɖe eme la, nɔvia do, eye vixela gblɔ bena: Nukaŋuti nèdze le nɔviwò ŋu ale? Eyata wòna ŋkɔe bena: Perez.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ɖevi sia he asi yi eme, eye wodzi nɔvia gbã. Vixela la gblɔ na esi wodzi gbã la be: “E! Ale ke nèdze mɔ na ɖokuiwò ale?” Eya ta wòna ŋkɔe be Perez.