Genesis 39:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta Potifar lɔ̃ Yosef. Etsɔe ɖo eƒe aƒemenuwo kple eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔkpɔ nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eve Yosef nu, eye wòtsɔe wɔ eƒe subɔlae, eye wòtsɔe ɖo eƒe me nu wo dzikpɔlae hetsɔ eƒe nuwo katã ɖe esi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekpɔ ŋudzedze le eŋu. Potifar wɔe eƒe subɔla kple eƒemenuwo dzikpɔlae, eye wòtsɔ eƒe nunɔamesiwo katã de esi.