Genesis 4:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Eyata amesiame, si awu Kain la, woabia hlɔ̃e zi gbɔ zi adre. Eye Yehowa de dzesi Kain, bena amesiame, si ado goe la, nagawui o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Mele nenema o. Ame sia ame si wu Kain la, woabia hlɔ̃e zigbɔzi adrẽ.” Ale Aƒetɔ de dzesi tɔxɛ Kain ŋu be, ne ame aɖe kpɔe la, mawui o.