Genesis 40:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta;
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ bena, drɔ̃e la gɔme nyo la, egblɔ na Yosef bena: Nye hã meku drɔ̃e, eye metsɔ abolo kusi etɔ̃ ɖe ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be drɔ̃e la gɔme nyo la, egblɔ na Yosef be: “Nye hã meku drɔ̃e: metsɔ abolo kusi etɔ̃ ɖe ta.