Genesis 40:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ɖu eƒe dzigbe, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me le eƒe dɔlawo katã ƒe ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, fia la ɖu eƒe dzigbe. Ekpe eƒe dɔwɔlawo katã va nuɖuƒe, eye wòna woɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me. Wokplɔ wo va eya kple eƒe dɔwɔlawo gbɔe.