Genesis 40:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbe ɖeka ƒe zã Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola, siwo le gaxɔ me la, woku drɔ̃e wo tɔ wo tɔwoe, eye drɔ̃eawo gɔme le vovovo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ɖeka ƒe zã me la, ahakula la kple aboloƒola la ku drɔ̃e wotɔxɛwotɔxɛe, eye ɖe sia ɖe tɔ ƒe gɔmeɖeɖe to vovo.