Genesis 41:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Hebri-ɖekakpuia ɖe, si enye fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe kluvi la, nɔ mía gbɔ le afima. Mieli míaƒe drɔ̃eawo nɛ, eye wòɖe wo gɔme na mi mia to mía tɔe pɛpɛpɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hebri-ɖekakpui aɖe si nye fiaŋumewo ƒe amegã ƒe kluvi la nɔ mía gbɔ le afi ma. Míelĩ míaƒe drɔ̃eawo nɛ, eye wòɖe wo gɔme na mí.