Genesis 41:45 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Farao na ŋkɔ Yosef bena Zafnat Paneax (amewo ƒe agbeɖela), eye wòtsɔ On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat nɛ wòɖe. Emegbe la Yosef tsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ Egipte ŋkɔ na Yosef be Zefnat Paneax. Etsɔ Asnat, Potifera si nye On nunɔla vinyɔnu nɛ wòɖe. Yosef yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.