Genesis 41:51 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ena ŋkɔ gbãtɔ be Manase si gɔmee nye “Meŋlɔ be.” Nu si Yosef di be yeafia lae nye be Mawu ve ye nu ale gbegbe be yeŋlɔ yeƒe ɖekakpuimefuwo kple yeƒe dzodzo le yewo de be.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosef na ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevia bena Manase, elabena egblɔ be Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo kple nye ƒometɔwo be.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosef gblɔ be: “Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo kple nye ƒometɔwo be,” eya ta wòna ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevia be Manase.