Genesis 43:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wo tɔ́a, Israel, gblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ mía de nu nyui aɖewo ɖe asi yi ɖana ŋutsua. Mitsɔ atikemi, anyitsi vi aɖe, aŋe, kotoklobo, ayedee kple yevuzi.