Genesis 43:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ŋutsuawo vɔ̃, le esi wokplɔ wo yi Yosef ƒe mee la ta, eye wogblɔ bena: Ga, si miekpɔ le míaƒe kotokuawo me le míaƒe vava gbãtɔ me, tae wokplɔ mi vɛ ɖo, bena woanye zi atsyɔ mía dzi, eye woalé mí kple míaƒe tedziwo awɔ kluviwoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Vɔvɔ̃ ɖo wo elabe wokplɔ wo yi Yosef ƒeme, eye wogblɔ be: “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me esi míeva zi gbãtɔ la tae wokplɔ mí vɛ ɖo. Wole mía dzi dze ge, axɔ míaƒe tedziwo le mía si sesẽe, eye woawɔ mí kluviwoe.”