Genesis 43:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu na wo bena: Miaƒe dzi nedze eme, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu kple mia fofo ƒe Mawu la tsɔ kesinɔnu ɖe miaƒe kotokuawo mele adza me. Miaƒe ga la su asinye. Tete wòkplɔ Simeon do go va wo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsua ɖo eŋu na wo be: “Miaƒe dzi nedze eme. Migavɔ̃ o. Mia Mawu la, mia tɔ́ ƒe Mawu lae tsɔ ga la de miaƒe kotokuwo me. Wotsɔ miaƒe ga si miexe la nam.” Tete wòkplɔ Simeon vɛ na wo.