Genesis 43:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Enumake Yosef tso nuƒoƒo la, eye eƒe dɔme trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòdi be, yeafa avi; eyata wòyi ɖe eƒe xɔgã me ɖafa avi le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yosef dzudzɔ eƒe nuƒoa elabe eƒe dɔme trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòdi be yeafa avi. Ale wòyi ɖe eƒe xɔgãme ɖafa avi le afi ma.