Genesis 43:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖo ŋu bena: Ŋutsu la bia mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒome ta se kolokolo bena: Ɖe mia fofo gale agbea? Ɖe nɔvi gale mia sia? Eye mieʋu me ne, abe alesi wòle ene. Ɖe míenyae bena, agblɔ na mí be, míkplɔ mía nɔvi vɛ mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu be: “Ŋutsua bia gbe mí tsitotsito tso míawo ŋutɔ kple míaƒe ƒome la ŋu. Ebia be, ‘Mia tɔ́ gale agbea? Nɔvi bubu gale mia sia?’ Biabia siawo ŋue míeɖo nɛ. Ale ke míawɔ anya be agblɔ na mí be míkplɔ mía nɔvia vɛ?”