Genesis 43:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Manɔ enu, eye nabiae atso asinye. Ne nyemegakplɔe va ɖo ŋkuwò me o la, ekema nabum vodalae le nye agbe me ŋkekewo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe nya ɖe sia ɖe kpɔ ŋkunye me; ele asinye me. Ne nyemete ŋu kplɔe gbɔe na wò o la, bu fɔm tegbee.