Genesis 44:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yuda te ɖe Yosef ŋu gblɔ be: “Amegã, taflatsɛ, na maƒo nu na wò faa. Dzi megaku wò ɖe ŋunye o; èle abe Fiagã ŋutɔ ene.