Genesis 44:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wodo go le dua me, eye wo yome mebu haɖe o la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla bena: Tso, nati ŋutsuawo yome, eye ne etu wo la, nagblɔ na wo bena. Nukaŋuti mietsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wodo go le dua me yina sẽe la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be: “Tso nàti ŋutsuawo yome nàɖatu wo. Bia wo se be: ‘Nu ka ta mietsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe? Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu ɖo?