Genesis 45:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
aɖakplɔ mia fofo kple mia ƒomeawo ava gbɔnye, eye mana anyigba nyuitɔ mi le Egipte, ne miaɖu nu ʋaʋãawo le anyigba la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikplɔ mia tɔ́a kple miaƒe ƒometɔwo ne miatrɔ va gbɔnye. Mana anyigba nyuitɔ mi le Egipte eye miaɖu anyigba la dzi nu nyuiwo aɖi ƒo.’