Genesis 46:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo nye Lea ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na Yakob le Mesopotamia hekpe ɖe vianyɔnu Dina ŋu: viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã le ame blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Viŋutsuvi siwo Lea dzi na Yakob le Padan-Aram hekpe ɖe via nyɔnu Dina ŋu lae nye esiawo. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã le ame bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.