Genesis 46:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
miɖo eŋu nɛ be: ‘Lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime ke abe mía tɔgbuiwo ene.’ Ne miegblɔ nenema la, aɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nutome.” Elabe alẽkplɔlawo nye ŋunyɔnu na Egiptetɔwo.