Genesis 47:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nuɖuɖua ɖeke megale anyigba blibo la dzi o, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ, eye dɔwuame na Egipte kple Kanaan-nyigba dzi ƒu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔwuame la nu va sẽ ale gbegbe; nuɖuɖu aɖeke megale afi aɖeke o. Nu té amewo ŋu eye Egipte kple Kanaan-nyigba dzi ƒu kplákplakpla.