Genesis 47:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi ga megale Egipte kple Kanaan-nyigba dzi o la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ, eye wogblɔ bena. Na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku ɖe gbɔwò? Elabena ga vɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ga vɔ le Egipte kple Kanaan-nyigba dzi la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ be: “Na nuɖuɖu mí! Ga vɔ le mía si keŋkeŋ. Ànɔ mía kpɔm ale, míaku le ŋkuwò mea?”