Genesis 47:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ƒe sia va yi. Le ƒe bubu me la wogava egbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nyaa ɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo ge ɖe mía aƒetɔ si me. Naneke megali miatsɔ na mía aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo koe susɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ƒè trɔ la, wogava egbɔ be: “Amegã, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Nya lae nye be ga vɔ le mía si keŋkeŋ eye míaƒe lãhawo hã va zu tɔwò. Naneke megale mía si míatsɔ na wò wu míawo ŋutɔ kple míaƒe anyigbawo o.