Genesis 47:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti miaku ɖe gbɔwò? Tsɔ bli ƒle mia kple míaƒe agblenyigbawo, bena mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo nanye Farao tɔ! Na bli mí, bena míatsi agbe, eye miagaku, ne míaƒe agblenyigbawo nagazu afuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ànɔ mí kple anyigba kpɔm ale, míatsrɔ̃ le ŋkuwò mea? Mègana míaƒe agbledeƒewo natsi anyi o. Xɔ mí kple míaƒe agbledenyigbawo, ne nàna nuɖuɖu mí ɖe eteƒe. Míelɔ̃ be míanye fia la ƒe kluviwo, eye míaƒe anyigbawo nazu etɔ. Na nuku mí míaƒã, ne míaƒe agblewo nagazu afuti o.”