Genesis 47:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblewo katã na Farao. Eye Egiptetɔwo dome amesiame tsɔ eƒe agblenyigba dzra, elabena dɔwuamea nu sẽ ŋutɔ; ale anyigba la katã zu Farao tɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yosef ƒle agbledeƒe siwo katã le Egipte-nyigba dzi la na fia la. Egiptetɔ ɖe sia ɖe dzra eƒe agbledeƒe elabe dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ. Agbledeƒewo katã va zu fia tɔ.