Genesis 47:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yosef gblɔ na dukɔ la bena: Kpɔ ɖa, egbe meƒle mia kple miaƒe anyigbawo na Farao. Mixɔ nuku, ne miaƒã ɖe miaƒe agblewo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yosef gblɔ na dukɔmetɔwo be: “Mikpɔ ɖa, tso egbe dzi la, meƒle mi kple miaƒe agbledeƒewo siaa na fia. Nukuwo nye esi; mixɔ wo yi ɖaƒã.