Genesis 47:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne nuŋeɣi ɖo la, ekema miatsɔ agblemenuawo ƒe atɔ̃liawo ɖeka na Farao; ke atɔ̃liawo ene nanye mia ŋutɔwo mia tɔ, bena miatsɔ ɖe aƒa ɖe agbleawo me, eye ɖe nanye nuɖuɖu na mia ŋutɔwo, mia ƒemetɔwo kple mia viwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mieŋe nu la, mima nua ɖe akpa atɔ̃ me: Akpa ɖeka nanye fia tɔ, eye akpa ene mamlɛawo nanye miawo ŋutɔ tɔ. Miaƒã ɖe, eye esi susɔ nanye nuɖuɖu na miawo ŋutɔ, mia viwo kple mia ƒemetɔwo.”