Genesis 47:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosef tsɔe wɔ see na Egiptetɔwo vaseɖe egbegbe bena, woatsɔ woƒe agblemenuwo ƒe atɔ̃liawo ɖeka ana Farao; negbe nunɔlawo ƒe anyigbawo koe menye Farao tɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yosef de se le Egipte-nyigba dzi be, ne woŋe nu la, nukuawo ƒe akpa atɔ̃lia nanye fia tɔ. Se sia gali va se ɖe egbe. Nunɔlawo ƒe anyigbawo koe menye fia tɔ o.