Genesis 48:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le nusiawo megbe la wogblɔ na Yosef bena: Fofowò le dɔ lém. Tete wòkplɔ viaŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esiawo megbe la, wogblɔ na Yosef be: “Kpɔ ɖa, tɔ́wò le dɔ lém.” Ale wòkplɔ via ŋutsu eveawo, Manase kple Efrayim, woyi egbɔ.