Genesis 48:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel tsi, eye eƒe ŋku le tsitsim ale be megate ŋu le nu kpɔm nyuie o. Esi Yosef kplɔ via eveawo te ɖe eŋu la, Yakob kpla asi kɔ na wo hegbugbɔ nu na wo.