Genesis 48:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome la Yosef le via eveawo ɖe asi Efrayim ɖe ɖusi, be woatrɔ ɖe Israel ƒe miã me, eye Manase ɖe miã, be wòatrɔ ɖe Israel ƒe ɖusi me, eye wokplɔ wo te ɖe eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yosef lé via eveawo ɖe asi. Efrayim le eƒe ɖusime, si nye Israel ƒe miame, eye Manase le eƒe miame, si nye Israel ƒe ɖusime. Ekplɔ wo te ɖe tɔ́a ŋu.