Genesis 48:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Israel da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe ta dzi, wònye eyae nye ɖevia hafi, eye wòda eƒe mia ɖe Manase ƒe ta dzi, ale wotso ga eƒe asiwò, evɔ wonye Manase enye tsitsia hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Israel tso ga eƒe abɔwo, eye wòda eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe tame, togbɔ be eyae nye ɖevitɔ hã. Eda eƒe miasi ɖe Manase si nye tsitsitɔ la ƒe tame.