Genesis 48:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ tɔ dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Yosef kpɔ bena, fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe ta dzi la, menyo eŋu o; eyata wòlé fofoa ƒe asi, be yeaɖee ɖa le Efrayim ƒe ta dzi ahada ɖe Manase ƒe ta dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yosef kpɔ be ye tɔ́ da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe tame la, medze eŋu o, eya ta elé tɔ́a ƒe asi be yeaɖee ɖa le Efrayim ƒe tame ada ɖe Manase tɔ.