Genesis 49:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yakob ya viawo gblɔ bena: Miƒo ƒu, ne magblɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la afia mi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yakob yɔ viawo vɛ, eye wògblɔ na wo be: “Miƒo ƒu, ne magblɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la na mi.