Genesis 49:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke èle abe tsi fiefie si gbagba la ene; màganye vi vevitɔ nam akpɔ o. Elabe ède tɔ́wò ƒe aba dzi, eye nèdo gu aba la. Ẽ, nye ŋutɔ nye aba dzi nède gbe ma gbe!”